Mark 8:31-38

Yesu gblɔ nya le eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

(Mateo 16:21-28; Luka 9:22-27)

31Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o. Eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka ŋkume nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”

33Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.”

34Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.

36“Viɖe ka wòanye na ame be xexeame katã nazu etɔ gake wòabu eƒe agbe to xexeame nuwo yometiti me? 37Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

Mark 9:1

Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi

(Mateo 17:1-13; Luka 9:28-36)

1Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mia dometɔ aɖewo siwo le afi sia la anɔ agbe va sa ɖe esime mawufiaɖuƒea nava le ŋusẽ gã aɖe me.”

Copyright information for EweBEE